Romans 4

Wotso afia na Abraham to xɔse me

1Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía fofo Abraham, ame si ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu míeke ɖo le nya sia me la ŋuti? 2Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to dɔwɔnawo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le gake menye le Mawu gbɔ o. 3Nu ka mawunya gblɔ tso nu sia ŋuti? “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wobui dzɔdzɔenyenyee nɛ.”

4Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la ekema eƒe fetu menye amenuvevenu o, ke boŋ wobui abe nu si dze nɛ ene. 5Ke ne amea mewɔ dɔ aɖeke o, ke boŋ wòxɔ Mawu, ame si bua ame vɔ̃ɖi dzɔdzɔe la dzi se la, ekema eƒe xɔse le Mawu me wɔe ame dzɔdzɔe.

6Fia David ƒo nu tso nu sia ŋu esi wòɖi ɖase le nu vɔ̃ wɔla aɖe si ƒe nu vɔ̃wo Mawu ɖe ɖa la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be, 7“Woayra ame siwo ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke wo kple ame siwo ƒe dzidada dzi wotsyɔ nui. 8Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la magabu nɛ o.”

9Azɔ la, biabia lae nye, ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo xɔa Kristo dzi sena gake woléa Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi loo alo ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo meléa Yudatɔwo ƒe seawo me ɖe asi o, ke woxɔa Kristo dzi sena ya mahã? Enyo, Abrahma ɖe? Míegblɔna be Abraham xɔ yayra siawo to eƒe xɔse me. Ɖe wòxɔe to xɔse ɖeɖe ko mea? Alo, ɖe wòxɔe to eƒe Yudatɔwo ƒe seawo dzi wɔwɔ me hã?

10Hafi nàɖo biabia ma ŋu la, ele be nàɖo biabia sia ŋu gbã. Ɣekaɣie Mawu tsɔ yayra sia na Abraham? Etsɔe nɛ hafi wòzu Yudatɔ. Esia gɔmee nye do ŋgɔ na eƒe Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnu la wɔwɔ.

11Menye emegbe sãa hafi o; wotso aʋa nɛ esi Mawu do ŋugbe nɛ be yeayrae le eƒe xɔse ta. Aʋatsotso la nye dzesi be Abraham xɔ se xoxo, be Mawu hã xɔe xoxo eye wòɖi ɖase le eŋu be enye ame dzɔdzɔe le yeƒe ŋkume hafi wotso aʋa nɛ. Ale Abraham zu gbɔgbɔmefofo na ame siwo kpɔ ɖeɖe to xɔse me ke menye to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. Edze ƒãa be ame siwo mewɔa se siawo dzi o la kpɔa ɖeɖe to Mawu dzixɔse me. 12Hekpe ɖe esia ŋu la, Abraham nye gbɔgbɔmefofo na Yudatɔ siwo wotso aʋa na. Woakpɔe kɔtee le Abraham ƒe kpɔɖeŋu me be menye aʋatsotsoe nana wokpɔa xɔxɔ o, elabena Mawu kpɔ ŋudzedze le Abraham ŋu to eƒe xɔse me hafi wova tso aʋa nɛ.

13Ekema eme kɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatsɔ anyigba la katã ana Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le eƒe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta o, ke boŋ le ale si wòxɔe se be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo dzi la ta. 14Eya ta ne miegale gbɔgblɔm kokoko be Mawu ƒe yayra vana na ame siwo nye ame dzɔdzɔewo la, ekema ɖe miele gbɔgblɔm bena gɔmesese aɖeke mele Mawu ƒe ŋugbedodo na ame siwo xɔ se la me o, eye xɔse nye abunɛnu. 15Nya la ƒe nyateƒe lae nye esi : Ne míedi be míaxɔ Mawu ƒe yayra kple ɖeɖe to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la, nu si dzɔna koe nye míedoa dɔmedzoe nɛ elabena míetea ŋu wɔa seawo dzi o. Mɔ ɖeka si ko dzi míate ŋu ato avo tso sedzidada me koe nye se aɖeke manɔ anyi si dzi míada o!

16Eya ta wonaa Mawu ƒe yayrawo mí to xɔse me abe nunana fexexemanɔŋu ene. Kakaɖedzi li be míaxɔ nunana siawo ne míelé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi loo alo míelé wo me ɖe asi o, ne xɔse le mía si abe Abraham ene ko. Elabena Abraham nye mí katã fofo le xɔse ƒe nya gome. 17Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le fiafiam esi wògblɔ be Mawu wɔ Abraham dukɔ geɖewo fofo. Mawu axɔ ame sia ame tso dukɔ ɖe sia ɖe me, ne amewo axɔ Mawu dzi ase abe Abraham ene. Ŋugbedodo sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ, ame si naa ame kukuwo tsia tsitre eye wòƒoa nu tso nya siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu kple kakaɖedzi abe ɖe nuawo va eme xoxo ene.

18Eya ta esi Mawu gblɔ na Abraham be yeana viŋutsuvii, ame si ƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ eye woazu dukɔ gã aɖe la, Abraham xɔ Mawu dzi se togbɔ be ŋugbdodo ma tɔgbi mate ŋu ava eme hafi o hã. 19Esi eƒe xɔse tri akɔ ta la, metsi dzi be yetsi akpa na viŋutsuvidzidzi o, le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka, srɔ̃a Sara hã xɔ ƒe blaasieke eye wòtsi akpa na vidzidzi.

20Ke Abraham meke ɖi kura o. Exɔ Mawu dzi se elabena eƒe xɔse gali ke ɖe edzi eye wòkafu Mawu ɖe eƒe yayra ta hafi nu si ŋugbe wodo nɛ la va eme gɔ̃ hã. 21Eka ɖe edzi vevie be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo. 22Le Abraham ƒe xɔse ta la, Mawu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo katã kee.

23Nya wɔnuku sia be woɖe Abraham le eƒe xɔse ta la, menye viɖe na Abraham ɖeɖe ko o. 24Enye viɖe na míawo hã eye wònye kakaɖedzi na mí be Mawu axɔ míawo hã to mɔ ma ke si dzi wòto xɔ Abraham ne míawo hã míaxɔ Mawu, ame si na Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋugbedodowo dzi se. 25Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃ wo ta eye wògatsi tsitre be yealé avu le míawo kple Mawu dome eye wòna Mawu ƒe amenuveve la yɔ mía me.

Copyright information for EweBEE